Daniel 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Nye Nehukadnezar menɔ aƒenye me bɔkɔɔ, eye meɖu agbe le nye fiasã me. Faic an caibideilAgbenya La1 Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã! Faic an caibideil |
Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.
Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre