Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye fia Nebukadnezar dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖaƒo amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã nu ƒu, ne woava akɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Esia megbe la, eyɔ amegãwo, anyigba la dzi ɖulawo, mɔmefiawo, gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo be woava kpɔ legba si yeli la ŋuti kɔkɔ teƒe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 3:2
10 Iomraidhean Croise  

Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.


Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.


Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.


Tete amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã ƒo wo ɖokui nu ƒu, be woakɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu, eye wotsi tre ɖe legba, si Nebukadnezar li anyi la ŋgɔ.


Wokpe dukɔ la va woƒe mawuwo ƒe vɔsanu wo ɖuƒe, eye dukɔ la du nu, eye wòde ta agu na woƒe mawuwo.


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Eye Filistitowo ƒe amegãwo va kpe ta, be woasa vɔ na woƒe mawu Dagon, eye wotu aglo gãa ɖe hegblɔ bena: Mia mawu tsɔ míaƒe futɔ Simson de asi na mí!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan