Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nusi dim fia le la sesẽ, eye amea ɖeke meli ale ŋu aɖe egɔme na fia la o, negbe mawuwo ko, amesiwo ƒe nɔƒe mele kodzogbeawo dome o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 2:11
25 Iomraidhean Croise  

Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Esi Mawu ɖe nu, siawo katã fia wò la, amea ɖeke meli, si dze aɖaŋu, eye wònya nu abe wò ene o.


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Nye gbɔɖemeƒe enye esia tegbee, afii manɔ, elabena eye medi.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Mana Israel-viwo dome, eye manye woƒe Mawu.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Do kple wò gbesawo kpakple wò dzo gbogbo, siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖevime ke; ɖewohĩ ate ŋu awɔ nane, ɖewohĩ ate ŋu ado ŋɔdzi na amea ɖe.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.


Tete dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo va, eye meli drɔ̃e la na wo, ke womeɖe egɔme nam o.


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Migado ŋunyɔ anyigba, si dzi miele, afisi mele la o, elabena nye Yehowa mele le Israel-viwo dome.


Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan