Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 1:8
22 Iomraidhean Croise  

Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.


Woku ɖe Baal-Peor ŋu, eye woɖu eme kukuwo ƒe vɔsa,


Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu.


Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.


Megana nye dzi natrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, ne mawɔ nu tovo akpe ɖe ŋutsu, siwo nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo la ŋu o, eye megana maɖɔ woƒe nuɖuɖu ŋanɛ akpɔ o!


Eƒe nuɖuɖu viviawo megadzro wò o, elabena alakpanuɖuɖu wònye.


Eye fia la do woƒe gbesiagbe nuɖuɖu na wo tso fia ƒe nuɖudu kple wein me, ne woatsɔ anyi woe ƒe eta; emegbe woasubɔ fia la.


Wono wein, eye wokafu mawu, siwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe.


Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Ke amesi tsi tre sesĩe le eƒe dzi me, eye naneke mezi edzi o, ke boŋ wòkpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi, eye wòɖo esia le eƒe dzi me bena, yeadzra yeƒe ɖetugbia ɖo srɔ̃maɖemaɖee la, eya awɔe nyuie.


Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.


Miaƒe vɔsa ƒe amiɖulawo kple miaƒe nunovɔsa ƒe weinnolawo netsi tre, ne woaxɔ na mi, eye woakpɔ mia ta!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan