Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 1:4
23 Iomraidhean Croise  

Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Ke amea ɖeke medze ɖeka ɖe Absalom nu le Israel blibo la o, ale be wokafunɛ ŋutɔ; dzuƒea ɖeke mele eŋu tso eƒe afɔ gɔme vaseɖe eƒe tagbɔ o.


Kpa amesi zã le eƒe ɖɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasuhɔ o.


Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.


Tete Elyakim, Sebna kple Yoax wogblɔ na Rabsake bena: Ƒo nu kple wò dɔlawo ɖe Aram-gbe me, elabena míesenɛ; ke megaƒo nu kpli mí le Yuda-gbe me ɖe dukɔ, si le glia dzi la ƒe to me o.


Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.


Kaldeatɔwo ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Amegbetɔa ɖeke mele anyigba dzi, si ate ŋu aɖe nusi fia di la gɔme o; eye fia gã sẽŋua ɖeke meli, si bia nusiawo tɔgbe tso dzotɔwo, bokɔnɔwo kple Kaldeatɔwo si me kpɔ o.


Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.


Enumake Kaldea-ŋutsuwo va tso Yudatɔwo nu.


Ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi, enye si: Mede ŋku anyi, eye kpɔ da, atia de le anyigba titina, si kɔ ŋutɔ.


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Le Axasveros vi Dario, amesi tso Media-ƒome la me, eye wotsɔe do fiae ɖe Kaldea-fiaɖuƒe la nu ƒe ƒe gbãtɔ me,


Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.


Le ɣemaɣi me la wodzi Mose, eye wòdze ɖeka le Mawu ƒe ŋku me, eye wònyii te fofoa ƒe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ:


Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.


bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o;


Eye wògblɔ na Zebax kple Zalmuna bena: Ŋutsu ka ƒomeviwoe miewu le Tabor gbɔ? Woɖo ŋu bena: Wole abe wò ene, eye wo dome ɖesiaɖe ɖi fiavi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan