Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Daniel 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le Yuda-fia Yoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la Babel-fia Nehukadnezar ho ɖe Yerusalem ŋu, eye wòɖe to ɖee.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Daniel 1:1
14 Iomraidhean Croise  

Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ alɔ, esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Zebuda, Pedaya vinyɔnu, tso Ruma.


Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo ado tso wò ali me, esiwo dzi ge nata la dometɔa ɖewo woaɖanye nudzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me.


Esia nye gbe, si va na Yeremya ɖe Yuda-dukɔ blibo la ŋu le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia, si nye Babel-fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me,


Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli la, enye si:


Ke esi Babel-fia Nebukadnezar ho va anyigba dzi la, miegblɔ bena: Mina míayi Yerusalem le Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ kple Aramtɔwo ƒe aʋakɔ ta; ale mieva le Yerusalem.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me bena:


Nyagblɔɖila Yeremya ƒe nya, si wògblɔ na Barux, Neria vi la, esime wòŋlɔ nya siawo tso Yeremya nu ɖe agbalẽ me le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me la, enye si:


Yehowa ƒe nya, si wògblɔ fe Babel kple Kaldea-nyigba ŋu to nyagblɔɖila Yeremya dzi la, enye si.


Le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi, si nye fia Nebukadnezar, Babel-fia ƒe ƒe wuiasiekelia dzi la, fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan, amesi nɔa tsitre ɖe Babel-fia ŋku me la, va Yerusalem,


Amesiwo Nebukadnezar ɖe aboyoe la, wonye si: Le ƒe adrelia me la woɖe aboyo Yudatɔ akpe etɔ kple blave vɔ etɔ̃;


Tete wokplɔ Daniel vɛ na fia la. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wòe nye Daniel tso Yuda ƒe aboyovi, siwo fofonye fia kplɔ tso Yuda vɛ la domea?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan