Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Dɔwɔwɔwo 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Dɔwɔwɔwo 1:11
23 Iomraidhean Croise  

Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.


Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


eye wòɖe eɖokui fia amesiwo kpe ɖe eŋuti tso Galilea va Yerusalem, ŋkeke geɖewo, amesiwo zu eƒe ɖaseɖilawo azɔ na dukɔ la.


ke esi wovɔ̃, eye wode mo to la, wogblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome mahã?


Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi yaa hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesiwo katã le nu ƒom la, ɖe menye Galileatɔwoe wonye oa?


Eye emegbe ʋee la amesiwo le tsitre le afima la gagblɔ na Petro bena: Vavã wo dometɔ ɖeka nènye elabena Galileatɔ hã nènye.


Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.


Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


vaseɖe ŋkeke, si me wòde se na apostolo, siwo wòtia to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, hafi woxɔe yi dzi la ŋuti;


Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.


tso keke Yohanes ƒe mawutsidedetaname dzi vaseɖe ŋkeke, si dzi woxɔe yi dzi le mía gbɔ; wo dometɔ ɖeka nazu eƒe tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mia ŋu.


Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan