Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




2 Tesalonikatɔwo 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




2 Tesalonikatɔwo 3:3
16 Iomraidhean Croise  

mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu.


Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!


Ke boŋ miaƒe nya nanye: Ẽ, ẽ; o, o; eye nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖito la me.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!


Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


Nuteƒewɔlae nye Mawu, amesi ya mi va Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la, ƒe hamenɔnɔ me la.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Nuteƒewɔla enye amesi yɔ mi ve, amesi lawɔe hã.


nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔwɔwɔ nyui kple nya nyui katã me.


Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan