Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Samuel 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi wòva ɖo Gibea la, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe va do goe, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi wògblɔ nya ɖi le wo dome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Samuel 10:10
7 Iomraidhean Croise  

Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Esi Saul se nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.


Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel; eho aʋa, eye Yehowa tsɔ Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim de asi nɛ, eye eƒe alɔ kpe Kusan-Risatayim dzi.


Eye esi wova ɖo Lexi la, Filistitɔwo tso aseye ɖe eŋu; tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan