Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Mose 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Mose 4:8
23 Iomraidhean Croise  

Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me.


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


tso Abel ƒe ʋu dzi vaseɖe Zaxarya, amesi wowu le vɔsamlekpui kple xɔ la domee la, ƒe ʋu la dzi. Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Woabiae atso dzidzime sia si me.


Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.


Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si, eye woa kple eve wole dzre wɔm le gbe me; ke amea ɖeke meli alé avu wo o, eye ɖeka ƒo nɔvia woku.


tete Sanebalat kple Gesem woɖo ame ɖem, be woagblɔ nam bena: Va, ne míakpe le kɔƒeawo me le Onobali la me! Ke ɖe woɖo ɖe ta me be, yewoawɔ vɔ̃m.


Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


ekema awu wò mo dzi mokaka manɔmee, eye àli ke, eye màvɔ̃ o;


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Yuda, nugbugbɔ nètsɔ le Amegbetɔvi la ɖem asi mahã?


Oo Mawu, ne nahawu ame vɔ̃ɖi la ɖe! Mi ŋutsu hlɔ̃dolawo, mite ɖa le gbɔnye!


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam.


Ne ele fui tutui ƒu anyi, alo bua xlã nu ɖee wòku,


Eye esi Yoram va ɖo fofoa ƒe fiaɖuƒe la nu, eye woli ke eɖokui la, etsɔ yi wu nɔviawo katã kple Israel-amegãwo dometɔa ɖewo.


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan