Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Mose 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Mose 16:10
25 Iomraidhean Croise  

Ke le Ismael to gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayrae, eye mana wòadzi, eye wòasɔ gbɔ ɖe dzi. Adzi fia wuieve, eye mawɔe wòazu dukɔ gãa ɖe.


Tsi tre, yi ɖakɔ ɖevi la, eye nalée ɖe asi, elabena mana woazu dukɔ gãa ɖe.


Ke mana dukɔ nadzo tso kosi la ƒe vi hã me, elabena viwoe.


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Manɔ anyi kpli wò kokoko, eye asi Midiantɔwo abe ŋutsu ɖeka ene.


Eye Yehowa ƒe ɖɔla va bɔbɔ nɔ logoti te le Ofra, si nye Abiesritɔ Yoas tɔ, eye via Gideon le lu ƒom le lugbɔƒe, be wòatsɔ asii le Midiantɔwo nu.


eye wòyi ɖabɔbɔ na ɖevi la kasa le adzɔge boo, wo dome didi abe aŋutrɔ ƒe duɖiɖi me ene; elabena egblɔ bena: Nyemate ŋu akpa ɖevi la ƒe kuƒe o. Eyata wòyi ɖabɔbɔ no adzɔge boo ɖo; tete ɖevi la de asi avifafa me sesĩe.


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.


Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gblɔ nɛ bena: Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan