Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Mose 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Mose 11:3
19 Iomraidhean Croise  

Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi.


Ke esi megate ŋu le eɣlam o la, etsɔ kusi, si wotso aɖa lɔ̃e, eye wòtree kple aŋɔ keŋ, emegbe la etsɔ ɖevi la mlɔ me, eye wòkɔe ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me.


Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.


Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,


ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.


Eye Yehowa do Rezin ƒe ketɔwo ɖe dzi ɖe eŋu, eye wòde akiti lã me na eƒe futɔwo:


Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.


Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye mianɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe!


Du tsi na ɖokuiwò, elabena wole to ɖe ge ɖe wò, eye ƒu kpo ɖe dzi, ɖo agbi me nanyã anyi, eye namè anyikpewo!


Amesiwo le dziku dom nam le ŋkunye me ɖaa, wosaa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔ le anyikpewo dzi


Azɔ mana mianya nusi wɔ ge mala nye weingble la: Makaka kpo le eŋu, ne lãwo naɖui, magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi.


Megblɔ le nye dzi me be: Mãtsɔ dzidzɔ mee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe.


Ne wogblɔ be: Yi kpli mi, míade xa ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye míanɔ adeklo dzi ɖe ame maɖifɔ ŋu naneke mawɔmawɔe,


ne woaɖa ame maɖitɔ la le vivi me; zi ɖeka kasia wodae, eye dzika metso wo ƒo o.


Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!


Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan