Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena Mawu meɖo mí na dziku o, ke boŋ, bena xɔxɔ nasu mía si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 5:9
23 Iomraidhean Croise  

Aƒo nye nya la ade goe, eye esia tɔgbe geɖe le tame nɛ:


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li, eya ame vɔɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Elabena woŋlɔ ɖe Psalmo-gbalẽ me bena: „Eƒe nɔƒe nazu aƒedo, eye amea ɖeke maganɔ me o, eye eƒe de la ame bubu naxɔe.“


be wòaxɔ subɔsubɔdɔ sia kple apostolonyenye, si gbɔ Yuda te ɖa le, be yeayi ɖe ye ŋutɔ teƒe la.


Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se.


Elabena alesi miawo hã mieɖo to Mawu tsã o, ke azɔ wokpɔ nublanui na mi le amesiawo ƒe tosesẽ ŋutii la,


Ekema aleke wòle? Nusi ke yome Israel le didim la, eƒe asi mesu edzi o, ke ame tiatiawo ƒe asi su edzi; ke wona ame mamleawo ƒe dzime sẽ,


eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.


bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo;


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan