Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 5:3
48 Iomraidhean Croise  

Ŋɔdzigbe ɖi le eƒe to me be: Adzoblasu le ƒoƒo ge ɖe edzi le ŋutifafaɣi me.


Enana wònɔa dedie, eziɔna ɖe eŋu, eye eƒe ŋkuwo nɔa eƒe mawo ŋu.


Gbegblẽ nedo ɖe edzi kpoyi; eƒe ɖɔ, si wòɖo la, neɖe eye ŋutɔ, eye nege dze gbegblẽ la me!


Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi.


mí amesiwo dome nya viviwo le, eye míenɔa amehawo dome yia mawuƒe me lae.


Wotsɔ veve nam be, maɖu, eye esi tsikɔ wum la, wokpe aha tsitsi nam.


Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.


Eye ƒuta sia nɔlawo agblɔ le ɣemaɣi bena: Kpo ɖa, ale wòzu na amesiwo ŋu miele ŋu ɖom ɖo la enye si, amesiwo míesi yi ɖaɖo, be woaɖe mí tso Asur-fia si me. Aleke miawo míawɔ asi?


Ke wo ketɔ gbogboawo azu abe kewɔ memee ene, eye ŋutasẽla geɖegeɖeawo azu abe tsro, si ʋu ya ene; ava me zi ɖeka kpoyi.


miaƒe vodada sia azu abe gli dzeabi, si le mumũm hetre azã le gli kɔkɔa ɖe ŋu la ene, esi ƒe mũɣi aɖo zi ɖeka kpoyi.


Eyata dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, eye màte ŋu asa gbe adoe o; gbegblẽ ava dziwò, màte ŋu atsi enu o, eye tsɔtsrɔ̃ aƒo ɖe dziwò kpoyi, hafi nava nyae.


Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Aleke nagblɔ, nenye be etsɔ xɔ̃wò, siwo ƒe nu ma wò la, ɖo tatɔwo ɖe nuwo? Ɖe màlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim la ene oa?


Ɖe nègbe Yuda godooa, eye ɖe Zion ƒe nu ti kɔ na wò luʋɔa? Nukaŋuti nèƒo mí, ale be hayahaya megale mía ŋu o? Miele futɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o, miele mɔ kpɔm na hayahayaɣi, ke ŋɔdzi li!


Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o!


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.


„Míese eŋu nya, míaƒe asiwò do agble, ŋɔdzi lé mí, eye míele ƒoƒom tititi abe nyɔnu léku ene.“


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa; evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi.


Elabena wokplɔ nye dukɔ la trae hele gbɔgblɔm be „ŋutifafa“, evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi. Dukɔ la ɖo gli, eye woawo si akalo nɛ.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


„Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃, elabena nye la mele ɖaa ɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne amea ɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.“


Yehowa matsɔe akee o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ame ma ŋu, eye wòaʋã ŋui; fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, ava edzi, eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.


amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


Eye Gideon to asimɔ gã dzi le Nobax kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòsi aʋakɔ la, le esime woli bɔkɔɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan