Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 5:10
21 Iomraidhean Croise  

abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.


sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.


Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe.


Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.


amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã.


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Eyata azɔ migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.


amesi tsa eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene, si nye ɖaseɖiɖi la le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la me;


Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplim,


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan