Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eye miabui nudzeamee be, miano anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi miede se na mi la ene,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 4:11
23 Iomraidhean Croise  

Abolo ƒuƒlu ɖuɖu, si me dzidzeme le, nyo wu aƒe, si me yɔ fũ kple akpedavɔsa, eye dzre kpe ɖe eŋu.


Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ, hafi ne wòava do gã.


Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.


Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.


Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene.


eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!


Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o,


Eye míedzea agbagba, eye míetsia mía ŋutɔwo míaƒe asiwò wɔa dɔ; ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, mieɖoa dzi tsɔnɛ;


Eyata mieɖoa vevie bena, aƒee míeɖale o, alo mɔtae míeɖale o, míadze eŋu.


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa mele mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


Ke na mia tɔwo hã nasrɔ̃ dɔ nyui wɔwɔwo dzinɔnɔ hena nu vevi, siwo hiã ame la, bene woagatsi ku matsematse o.


ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.


Ke mia dome amea ɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan