Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 3:6
24 Iomraidhean Croise  

Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ na amesi ƒe ve me ƒu la ene.


Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!


Eye wòde Derbe kple Listra; eye kpɔ ɖa, nusrɔ̃laa ɖe le afima, eŋkɔe nye Timoteo, Yuda-nyɔnua ɖe, si xɔ se la ƒe vi; ke fofoa nye Helatɔ.


Nusiawo megbe la Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto.


Eye esi Sila kple Timoteo wotso Makedonia va la, Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye. Kristo.


Ke mele mia kafum, nɔviwò, bena mieɖoa ŋku dzinye le nusianu me, eye mielé nyaɖoɖoawo me ɖe asi, abe alesi meɖo na mi la ene.


Ke azɔ la xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me.


esime miese miaƒe Kristo Yesu dzixɔse kple lɔlɔ̃, si mietso lɔ̃ ame kɔkɔewo katã la,


Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe la, enye si. Miɖo ŋu nye kɔsɔkɔsɔwo! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Ke míawo la, nɔviwo, esi woɖe mi ɖa tso mia gbɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe le ŋku me — menye le dzi me o la — geɖe wu mieɖo vevie, eye wòdzro mí ŋutɔ bena, míakpɔ mia ŋku me.


Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.


eyata, nɔviwo, wofa aka na mí le mia ŋuti le míaƒe hiãkaka kple xaxa katã me to miaƒe xɔse me;


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —


esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,


Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.


Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan