Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 2:10
26 Iomraidhean Croise  

Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.


Eye esi wova egbɔ la, egblɔ na wo bena: Mienyae tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi meɖo afɔ Asia, alesi menɔ mia gbɔ le ɣeyiɣiawo katã me


Eyaŋuti mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.


Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Nukaŋutie? Esi nyemelɔ̃a mi o taea? Mawue nyae!


Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me la, nyae bena, nyemeka aʋatso o.


Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.


Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o.


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Elabena mia ŋutɔwo mienya alesi wòdze mi be, miasrɔ̃ mi; elabena míewɔ sakasaka le mia dome o,


Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.


Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,


menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan