Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




1 Tesalonikatɔwo 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 ale bena mietrɔ zu kpɔɖeŋu na amesiwo katã xɔnɛ sena le Makedonia kple Axaya.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




1 Tesalonikatɔwo 1:7
14 Iomraidhean Croise  

Eye esi wova dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ, si me wonɔna la me: Petro kple Yakobo, Yohanes kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon Zelotes kpakple Yuda, Yakobo vi.


eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.


Nusiawo megbe la Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto.


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.


Elabena Aƒetɔ ƒe nya la ɖi hoo tso mia gbɔ, menye le Makedonia kple Axaya ɖeɖeko o, ke boŋ miaƒe Mawu dzixɔse la ɖo afisiafi, ale bena naneke gbɔgblɔ megahiã mí o;


elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,


Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.


Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,


menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan