Filipitɔwo 2:27 - Agbenya La27 Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o. Faic an caibideilBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191327 Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o. Faic an caibideil |
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.