Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 1:28 - Agbenya La

28 dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 eye migaɖi vo le naneke me le miaƒe adikãtɔwo ŋuti o, esi nye gbegblẽ ƒe dzesi na wo, ke miawo la agbexɔxɔ ƒe dzesi wònye na mi, eye esia tso Mawu gbɔ;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 1:28
24 Iomraidhean Croise  

Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.


Ame si na akpedavɔsa la, de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”


Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?


“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o,


“Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.


Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume.


Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ”


“Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,


“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [


Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”


Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan