Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 1:13 - Agbenya La

13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me ɖe asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamleawo katã gbɔ,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 1:13
17 Iomraidhean Croise  

Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.”


Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.


Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”


Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me.


Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta.


Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia.


nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.


Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene.


Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo.


Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me.


si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan