Nehemia 9:8 - Agbenya La8 Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla. Faic an caibideilBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19138 Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye. Faic an caibideil |
Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.