Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:4 - Agbenya La

4 Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:4
16 Iomraidhean Croise  

Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.


Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.


Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.


Magpias, Mesulam, Hezir,


Rehum, Hasabna, Maaseya,


Pasur, Amaria, Malkiya,


Mesulam, Abiya, Miyamin,


Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi.


Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye: Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi.


Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ, Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ,


Exlẽe na wo kple ɣli tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Edze ŋgɔ ablɔ si le Tsigbo la ŋgɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume. Ameawo katã wonɔ to dzi esime wònɔ Segbalẽ la xlẽm.


Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre.


Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.


Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.


“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan