Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 7:5 - Agbenya La

5 Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete nye Mawu dee dzi me nam be, maƒo bubumewo, amegãwo kple dukɔ la nu ƒu, ne maŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Eye mekpɔ amesiwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimegbalẽ, eye ale woŋlɔ ɖe eme enye si.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 7:5
15 Iomraidhean Croise  

Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o.


Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea,


O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.


Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”


Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me.


Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o.


elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.


ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.


Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.


Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ.


Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene.


Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan