Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 6:2 - Agbenya La

2 Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 tete Sanebalat kple Gesem woɖo ame ɖem, be woagblɔ nam bena: Va, ne míakpe le kɔƒeawo me le Onobali la me! Ke ɖe woɖo ɖe ta me be, yewoawɔ vɔ̃m.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 6:2
15 Iomraidhean Croise  

Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene.


Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.


Elpaal ƒe viwoe nye: Eber, Misam, Semed, ame si tso Ono du kple Lod du kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.


Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime.


Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me.


eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?”


Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.


Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.


Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo, eye wole woƒe ku dim;


Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.


Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.


Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan