Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:8 - Agbenya La

8 Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 gblɔ na wo bena: Míawo míexɔ mía nɔvi Yudatɔ, siwo wotsɔ dzra na dukɔwo la ƒle, alesi míete ŋui ko la, eye azɔ miawo mietsɔ mia nɔviwo le dzadzram, eye wole wo dzram na mía? Ke wozi kpi, eye womekpɔ nyaa ɖeke ɖo eŋu o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:8
14 Iomraidhean Croise  

Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa?


Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me.


“Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.


“Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo.


“Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.


“Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi.


elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋu dɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi.


Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o.


Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me.


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.


Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan