Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:5 - Agbenya La

5 Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:5
10 Iomraidhean Croise  

Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la,


“Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi.


Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”


Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.


Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?


Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan