Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:1 - Agbenya La

1 Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye dukɔ la kple wo srɔ̃wo ƒe ɣli ɖi hoo de wo nɔvi Yudatɔwo ŋuti,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:1
15 Iomraidhean Croise  

Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.


Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo


Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,


Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.


Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe.


“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o.


Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa?


Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’


Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan