Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:3 - Agbenya La

3 Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Sena viwo ɖe tɔmelãgbo la wokpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu:

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:3
11 Iomraidhean Croise  

Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu.


Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630).


heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.


Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.


Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo.


Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo.


Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la,


Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la,


Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930).


elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo, eye wòyra ame siwo le mewò.


Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan