Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:16 - Agbenya La

16 Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyome Nexemya, Azbuk vi, amesi nye amegã le Bet-Zur-nutowo ƒe afã me la, ɖɔe ɖo vaseɖe Dawid ƒe yɔdowo kasa kple ta, si woɖe, kpakple kalẽtɔwo ƒe xɔ gbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:16
18 Iomraidhean Croise  

Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Samai dzi Maon eye Maon dzi Bet Zur.


Woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui la me le David ƒe du la me. Wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋĩ vovovo siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ da ɖo la dzi, eye wodo dzo gã aɖe nɛ eteƒe mekɔ o.


Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o,


Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo.


Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu.


Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me.


Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe.


Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me.


Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye! Kalẽtɔ blaade siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm.


Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome, helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme, gake miebia ame si wɔe la ta se o, alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso blema ke la ŋu o.


Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo le David ƒe du la ŋu, eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.


Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe.


Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.


Halhul, Bet Zur, Gedor,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan