Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 2:6 - Agbenya La

6 Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tem fia la kple fiasrɔ̃, si bɔbɔ nɔ exa la, gblɔ nam bena: Ŋkeke nenie nèle ma zɔ ge, eye gbekagbe natrɔ agbɔ? Esi wòdze fia la ŋu be, wòaɖom ɖa la, meɖo ŋkeke nɛ

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 2:6
9 Iomraidhean Croise  

O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye.


Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala,


Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la,


eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.”


Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o.


Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu, eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi. Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’


Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso, eye teƒe siwo zu glikpowo hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te. Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe hena dzidzime geɖewo la atso.


Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan