Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 2:5 - Agbenya La

5 eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye meɖo ŋu na fia la bena: Ne edze fia ŋu, eye wò dɔla ƒe nu nyo ŋuwò la, ekema ɖom ɖe fofonyewo ƒe ɖiƒedu la me le Yuda, na magatsoe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 2:5
12 Iomraidhean Croise  

Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”


Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me.


Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la,


Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ.


eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.


Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”


Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia,


Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,


Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui le Mawu kple amewo ŋkume.


“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.


Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan