Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 13:3 - Agbenya La

3 Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Esime wose sea la, woɖe ame tsakatsakawo katã ɖa le Israel dome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 13:3
12 Iomraidhean Croise  

Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”


Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”


Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu.


Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me.


Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.


Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo.


elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,


Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko!


Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.


Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan