Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:3 - Agbenya La

3 Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:3
33 Iomraidhean Croise  

ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ.


Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma.


Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye.


Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te.


Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda,


Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa.


Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”


Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”


Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la


Fia Ahasuerus nye fia ɖe Media kple Persianyigbawo dzi. Eɖu fia ɖe dukɔ alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) dzi, tso India yi keke Kus.


Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí.


Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.


eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”


Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi. Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui. Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae.


Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo.


Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la.


Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’


“Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.


Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ.


“Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.


Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o.


O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye


O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.


Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o.


“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan