Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:2 - Agbenya La

2 nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Xanani, amesi tso nɔvinyewo dome la, kple ŋutsua ɖewo tso Yuda va, eye mebia nya wo se le Yudatɔ, siwo nye ame mamle, siwo susɔ tso aboyo me kple Yerusalem la ŋuti.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:2
12 Iomraidhean Croise  

Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi.


Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.


Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.


Ɖe míagada le wò seawo dzi, ahaɖe srɔ̃ tso ame siwo wɔ ŋunyɔnu siawo domea? Ɖe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be, nàtsrɔ̃ mí eye màgble ame aɖeke ɖi alo ame ɖeka hã teti natsi agbe oa?


metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo.


Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”


Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta.


Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan