Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tɔ̃subɔlawo teteɖeanyi.

1 Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Xadrax-nyigba ŋu, kple eƒe nya, si va nɔ Damasko — elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo kple Israel ƒe toawo katã ŋu —

2 hekpe ɖe Xamat, si ɖo liƒo nɛ, kple Tiro kpakple Zidon ŋuti, le, esi nunya le wo si ŋutɔ ta.

3 Tiro tu mɔ̃ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo gleglegle abe ke ene kple sika abe gbeɖuɖɔ le kpɔdomee ene.

4 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ana woaxɔe, eye atsiaƒu agble eƒe ŋusẽ dome, ke dzo afiã eya ŋutɔ.

5 Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; dzidzi aƒo Gaza akpe ɖe Ekron ŋu, elabena eƒe sitsoƒe azu ŋukpe. Fia atsrɔ̃ ɖa le Gaza, eye Askalon azu aƒeɖo.

6 Ame tsakatsakawo anɔ Asdod, eye matsi Filistitɔwo ƒe ɖaɖa nu.

7 Maɖe ʋu ɖa le eƒe nu me kple ŋunyɔnu ɖa le eƒe aɖuwo dzi, eya ha asusɔ na mia Mawu, eye wòanɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene

8 Manye dzɔla aƒu asaɖa anyi ɖe nye aƒeŋu le amesiwo vana gadzonu la ta, eye ŋutasẽla magaƒo ɖe wo dzi azɔ o, elabena nye ŋutɔ mekpɔe kple nye ŋkuwo.


Mesia, si anye fia ŋutifafatɔ kple ŋusẽtɔ ŋugbededo.

9 Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.

10 Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.

11 Maɖe esi le wo gatɔwo bã ŋu tso ɖo ƒuƒiu la me, le nu, si metsɔ bla nu kpli wo la ta.

12 Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.

13 Elabena mehe Yuda me abe ɖatl ene, eye metsɔ Efrayim wɔ aŋutrɔe heɖo edzi: Zion, maɖe aɖã ta me na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu, eye matsɔ wo awɔ kalẽtɔ ƒe yii.

14 Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.

15 Yehowa Zehaot akpa wo ta, be woaɖu wo, eye woanyã avuzi le akafokpewo dzi, woano nu anɔ ɣli dom abe weinmulawo ene, eye woayɔ banaa abe vɔsalre kple vɔsamiekpul ƒe dzogoewo ene.

16 Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene.

17 Elabena aleke wòhenyo, eye wòdze ani ale? Bli nana ɖekakpuiwo tsina, eye aha yeye nana ɖetugbiwo tsina.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan