Zekaria 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔdi le xɔxɔ, si ava na Mawu ƒe dukɔ la ŋuti, si aʋã trɔ̃subɔlawo, ale bena woadi Mawu vavã yome. 1 Eye Yehowa Zebaot ƒe gbe va bena: 2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye meɖo dziku vevie be ʋã ŋu ɖe enu. 3 Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“. 4 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amegã ɖeɖiwo kple nyagãwo agabɔbɔ nɔ Yerusalem ƒe ahlɔwo me, eye wo ɖometɔ ɖesiaɖe alé atlzɔtl ɖe asi le ƒe geɖe xɔxɔ la. 5 Ŋutsuvlwo kple nyɔnuvlwo ayɔ ɖua ƒe ahlɔwo me laŋ, eye woanɔ fefem le eƒe ahlɔwo me. 6 Ale Yehowa Zebaot gblɔesl: Ne enye nukunu na dukɔ sia ƒe susɔea le ɣemaɣi la, ɖe wòanye nukunu na nye ha loo? Yehowa Zebaot ye gblɔe 7 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒe-nyigba kple ɣeloɖoƒe-nyigba dzi, 8 eye makplɔ wo vɛ, ne woanɔ Yerusalem, woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me. 9 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Agbe neɖo miaƒe asiwo me mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu le ŋkeke siawo me, nya, siwo wogblɔ na mi le gbe sigbe woɖo Yehowa Zebaot ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbeɖoxɔ la. 10 Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu. 11 Ke azɔ la nyemele na dukɔ sia ƒe susɔea abe tsã ene o, Yehowa Zebaot ye gblɔe; 12 ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ. 13 Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒoɖe le dukɔwo ɖomee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me! 14 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Alesi meɖo ta me be, mawɔ vɔ̃ mi, eye mevem o, le esi mia fofowo ɖo dziku nam ta la, Yehowa ye gblɔe, 15 nenemae me-gaɖo ta me le ŋkeke siawo me be, mawɔ nyuie na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o! 16 Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me! 17 Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo kafã, Yehowa ye gblɔe. 18 Eya Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena: 19 Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa! 20 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Dukɔwo kple ɖu geɖewo me nɔlawo agava. 21 Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye miaɖl Yehowa Zebaot. Nye hã mayi! 22 Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gawo ava ɖl Yehowa Zebaot la Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me. 23 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana