Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Menye gota nutsitsidɔe dzea Aƒetɔ la ŋu o, ke boŋ amenuveve dɔwɔwɔe dzea eŋu.

1 Le fia Dario ƒe ƒe enelia me la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, le dzinu asiekelia Kislew ƒe ŋkeke enelia dzi.

2 Eye Beteltɔ, siwo nye Sarezer kple Regem-Melex kpakple woƒe ƒometɔwɔ ɖo ame ɖa, be woaɖaƒo koko le Yehowa ŋku me,

3 eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?

4 Eye Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena:

5 Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?

6 Eye ne mieɖu nu no nu la, ɖe menye mia ŋutɔwoe nye nuaɖulawo kple nuanolawo oa?

7 Ɖe menye esia nye nya, si Yehowa tsɔ ɖe gbe ƒãe to nyagblɔɖila tsãtɔwo dzi, esime Yerusalem kple eƒe ɖu, siwo ƒo xlãe goɖoo la, li bɔkɔɔ, eye ame le wo me, eye ame le dziehe kple gbadzaƒe la oa?

8 Eye Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya bena:

9 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!

10 Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!

11 Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.

12 Wotsɔ woƒe dzi wɔ lotamekpee, be yewomagase se la kple Yehowa Zebaot ƒe nya, siwo wòɖo ɖa to eƒe gbɔgbɔ kple nyagblɔɖlla lsã tɔwo dzi la o; eyata dɔmedzoe ga tso Yehowa Zebaot gbɔ va ɖo.

13 Eyata alesi meyɔ wo wogbe esese la, nenema woayɔm, ke nyemasee o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

14 Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan