Zekaria 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tasiaɖam eneawo 1 Eye megafɔ ke dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ taslaɖam ene woto to eve domee; toawo nye akɔbli towo. 2 Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ ŋu, eye sɔ ylhɔwo le tasiaɖam evelia ŋu, 3 sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔŋɔe hẽwo le taslaɖam enelia ŋu. 4 Tete mexɔ edzi gblɔ na mawu-dɔla, si ƒo nu kplim la bena: Nye aƒetɔ, nusiawo gɔme ɖe? 5 Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe. 6 Tasiaɖam, siwo ŋu sɔ yibɔwo le la, ho ɖo ta anyiehe, eye ɣiawo kplɔ wo ɖo; ke ŋɔŋɔeawo ho ɖo ta dziehe. 7 Eye dzĩawo ho, be yewoayi aɖatsa le anyigba dzi. Eye wògblɔ bena; Miyi miaɖatsa le anyigba la dzi! Tete woɖatsa le anyigba la dzi. 8 Eye wòyɔm gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, esiwo ho ɖo ta anyiehe-nyigba dzi la, woawoe le nye dɔmedzoe nu fa ge le anyiehe-nyigba dzi. Fiakuku ɖɔɖɔ na nunɔlagã Yosua. 9 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 10 Xɔ nunanawo le Xeldai, Tobiya kple Yedaya si, eye nayi Yosiya, Zefanya vi la ƒe me gbemagbe, afisi wotso Babel va dze; 11 eye natsɔ klosalo kple sika awɔ fiakuku aɖɔ ɖe ta na nunɔlaga Yosua, Yozadak vi; 12 eye nagblɔ na bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Zemax la, amie tso to me, eye wòatu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la. 13 Eyama atu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutlfafa anɔ woa kple eve la dome. 14 Ke fiakuku la nenɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, ne woafsɔ aɖo ŋku Xeldai, Tobiya kple Yedaya kpakple Zefanya vi la ƒe dɔmenyowɔwɔ dzi 15 Amewo atso dldiƒe ava tu Yehowa ƒe gbedoxɔ, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe mi. Esia ava me, nenye be, miese Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana