Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbalẽ, si le dzodzom.

1 Eye megafɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ agbalẽ toaʋa-laa ɖe.

2 Tete wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Mele agbalẽ toaʋalaa ɖe kpɔm wòdidi abɔklugui blave, eye wòkeke ahɔklugul ewo.

3 Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe.

4 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.

5 Eye mawuɖɔla, si ƒo nu kplim la, ɖo va gblɔ nam bena: Fɔ kɔ dzi nakpɔ nusi do gbɔna la ɖa!

6 Tete megblɔ be: Nuka enye esia? Eɖo ŋu hena: Esia enye nudotree, si ɖo gbɔna. Eye wògblɔ bena: Eyae nye woƒe vodada le anyigba blibo la dzi.

7 Eye kpɔ ɖa, tsumigbaa ɖe kɔ eɖokui dzi eye nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ nudotree la me.

8 Eye wògblɔ bena: Esia enye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Tete wòtigii ɖe nudotree la me, eye wòtsɔ tsumigba tu enu.

9 Eye esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ nyɔnu eve wodo va, eye ya ɖo aʋala me na wo, woto aʋala abe ɖamixe ƒe aʋala ene, eye woka nuɖotree la ɖe dziƒo kple anyigba domee.

10 Eye mebla mawudɔla, si ƒo nu kplim la bena: Afika wokɔ nuɖotree la yinae?

11 Eɖo ŋu nam bena: Ɖe wobe, yewoatu xɔ nɛ ɖe Sinear-nyigba dzi, eye ne wotui vɔ la, woatsɔe adre ɖe enɔƒe le afima.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan