Zekaria 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Sika kaɖiti kple amiti eve. 1 Tete mawudɔla, si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm, abe alesi wonyɔa ame tsoa alɔ̃ me ene. 2 Eye wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèlé? Meɖo ŋu bena: Mele akaɖitia ɖe, si wolsɔ sika ɖeɖe wɔe la kpɔm; aminu le eta me, eye akaɖlgbɛ adre le eŋu, eye alɔ adre, siwo me to le la, le aka-ɖlgbɛawo ŋu. 3 Amiti eve le exa, ɖeka le aminu la ƒe ɖusi me, eye evelia le eƒe mia me. 4 Eye me-xɔ edzi gblɔ na mawudɔla, si ƒo nu kplim la bena: Nye aƒetɔ, nusiawo gɔme ɖe? 5 Tete mawu-dɔla, si ƒo nu kplim la, xɔ edzi gblɔ nam bena: Mènya nusiawo gɔme oa? Meɖo ŋu bena: O, nye aƒetɔ! 6 Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 7 Wò to gã, nenye nuka ke nènye hã, azu gbadzaƒe le Zerubabel ŋku me. Eyama aɖe etamakpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenye, eme nenye nɛ! 8 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 9 Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ. 10 Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi. 11 Tete meɖo ŋu gblɔ nɛ hena: Amiti eve, siwo le akaɖiti la ƒe ɖusi me kple mia me la gɔme ɖe? 12 Eye megaxɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amitiɖɔmee eve, siwo Ie si-kalɔ, siwo me to le, eye sikami sina tea wo me la xa la gɔme ɖe? 13 Tete wògblɔ nam bena: Mènya nusiawo gɔme oa? Meɖo ŋu bena: O, nye aƒetɔ! 14 Eye wògblɔ bena: Woawo nye amivi eveawo, siwo tsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana