Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔlagã Yosua le Aƒetɔ la ƒe dɔla ŋku me.

1 Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu.

2 Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?

3 Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me hetsi tre ɖe mawudɔla la ŋku me.

4 Tete wòxɔ edzi gblɔ na amesiwo tsi tre ɖe eŋku me la bena; Miɖe awu ƒoɖlawo le eŋu! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, meɖe wò voɖaɖawo ɖa le ŋuwò, eye maɖo atsyɔ̃wuwo na wò.

5 Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko.

6 Tete Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosua gblɔ bena:

7 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.

8 Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava.

9 Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

10 Ɣemaɣl la mia ɖome amesiame akpe nɔvla ayi weinka kple gbotiwo te, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan