Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Lãdzo eneawo kple nutala eneawo

1 Tete mefɔ ko dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ lãdzo ene,

2 Eye megblɔ na mawudɔla, si ƒo nu kplim bena; Nusiawo gɔme ɖe?. Eɖo ŋu nam bena; Woawoe nye lãdzo, siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem hlẽ la.

3 Eye Yehowa na mekpɔ gbeɖe ene.

4 Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.


Ŋutsu la kple nudzidzeka la.

5 Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.

6 Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.

7 Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la ɖo, eye mawu-dɔla bubu do va kpee.

8 Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta.

9 Nye ŋutɔ manye dzogli anɔ eŋu godoo, eye manye atsyɔ̃ ana eme; Yehowa ye gblɔe.

10 Hee! hee! Misi tso anyiehenyigba dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena mekaka mi hlẽ ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, Yehowa ye gblɔe!

11 Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!

12 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Bubu ta wòdɔm ɖe dukɔ; siwo ha mi la gbɔ ɖo; elabena amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu.

13 Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.

14 Zion-nyɔnuvi, tso aseye nakpɔ dzidzɔ; elabena megbɔna, be manɔ dowòme, Yehowa ye gblɔe!

15 Ɣemaɣi la dukɔ geɖewo aku ɖe Yehowa ŋu ahazu nye dukɔ, eye manɔ dowòme, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe gbɔwò.

16 Yehowa axɔ Yuda awɔ eya ŋulɔ tɔe le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.

17 Ŋutilãwo katã nezi ɖoɖoe le Yehowa ŋku me! Elabena efɔ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan