Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yerusalem ƒe xaxa.

1 Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna na Yehowa, eye woamã aboyonu le mewò.

2 Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o.

3 Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.

4 Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.

5 Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu!

6 Ɣemaɣi la kekeli maganɔ anyi o, ke hoŋ vuvɔ kple tsi babla ko.

7 Ŋkeke ɖeka kolia anɔ anyi, si le nyanya na Yehowa; ŋkeke kple zã manɔ anyi o, eye kekeli anɔ anyi le flẽwɔɣl.


Mawu ƒe ameɖede.

8 Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afãaɖotaɣe-dzeƒeƒu la me, eye afã ado fa ɣe-foɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.

9 Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.

10 Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe.

11 Amewo anɔ eme, womagado busu ame azɔ o, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ.


Tohehe na ƒutɔwo.

12 Eye hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi la, enye si: La aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo.

13 Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.

14 Yuda hã awɔ aʋa kple Yerusalem, eye woaƒo dukɔwo katã godoo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo kpakple avɔwo kpaŋkpaŋ.

15 Eye hiãkame ava sɔwo kple tedzisɔwo, kposɔwo kple tedziwo kpakple lã, siwo katã le asaɖa me la dzi abe hiãkame kemeawo ene.


Mawufiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe kple kaka.

16 Eye ava me be; ɖukɔ siwo kalã ho ana ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoaɖe la agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbaɖɔŋke-kenyule la.

17 Ke anyigba dzi ƒomeawo ɖometɔ; si meyi Yerusalem, be yeaɖe ta agu na fia Yehowa Zebaot o la, tsi madza nɛ o.

18 Eye ne Egipte-ƒome la meho va o la, ekema tsi madza na woawo hã o. Yehowa ƒe hiãkame ava dukɔ, siwo meva, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie o la dzi.

19 Esia enye tohehe na Egipte kple dukɔ, slwo katã mava, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie la o.


Woakɔ nusianu ŋu na Mawu.

20 Ɣemeɣli la woaŋlɔ nu ɖe sɔwole nyawowoe ŋu be „Kɔkɔe na Yehowa“; eye ze, siwo le Yehowa ƒe me la, anɔ abe ʋutre, siwo le vɔsumiekpui ŋgɔ ene.

21 Ze, siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu: akɔ na Yehowa Zebaot; vɔsalawo katã ava atsɔ wo aɖa nu le wo me, eye nudzrala ɖeke maganɔ Yehowa Zebaot ƒe me le ɣemaɣi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan