Zekaria 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nubabla yeye la ƒe amenuveve. 1 Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu. 2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi. 3 Eye ne amea ɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema eƒe dzilawo, fofoa kple dadaa woagblɔ nɛ bena: Mãtsi agbe o, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me; eye eƒe dzilawo, fofoa kple ɖaɖaa, woaɖa nui, ne egblɔ nya ɖi. 4 Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o. 5 Wo ɖo-metɔ ɖesiaɖe agblɔ bena: Nyemenye nyagblɔɖila o, agbledela menye, eye agbleɖeɖe enye nye ɖɔ tso ɖevime ke. 6 Eye ne wogblɔ nɛ be: Abi kawoe nye esi le asi ŋu na wò hã la, aɖo ŋu be: Ɖe woƒom le xɔ̃nyewo ƒe me. Kplɔla gã la ku, eƒe alẽha la ka; gake wogaƒo enu ƒu. 7 Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu. 8 Ale Yehowa gblɔ esi: Woetsrɔ̃ akpa etɔ̃liawo eve le anyigba blibo la dzi, eye woaku, eye akpa efɔ̃llawo ɖeka asusɔ ɖe edzi. 9 Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana