Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Zekaria 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifafa le dukɔ la kplɔla maɖianukwareawo ŋuti. Atikplɔwo dɔmefafa kple dekawɔwɔ.

1 Libanon, ʋu wò agbowo, ne dzo nafiã wò sedertiwo.

2 Mi logotiwo, mifa avi, elabena sedertiwo mũ, elabena ati nyuitɔwo gblẽ! Mi Basan ƒe sesewuwo, mifa avi, elabena woƒo ave nyadri la!

3 Lãkplɔviwo ƒe avi le ɖidim, elabena woƒe atsyɔ̃ gblẽ; dzataviwo le xɔxlɔ̃m, elabena wogblẽ Yordan ƒe avegoe la!

4 Ale Yehowa, nye Mawu la, gblɔ esi; Nyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu la!

5 Wo ƒlelawo wu wo, womeɖi fɔ o, eye wo dzralewo gblɔ be: Woakafu Yehowa, be mezu hotɔ! Eye wo kplɔlawo ha mekpɔ wo ta o.

6 Ale Yehowa gblɔ esi; Nyemagakpɔ anyigbadzitɔwo ta azɔ o, eye matsɔ amesiame ade asi na ehavi kple eƒe fia, woagbã anyigba gudugudu, eye nyemaxɔ ame le wo si me o.

7 Menyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu, eye woɖi hiã ŋutɔ le alẽwo dome la. Metsɔ atikplɔ eve; meyɔ ɖeka be, „dɔmefafa“, eye meyɔ evelia be, „ɖekawɔwɔ“, eye menyi alẽawo.

8 Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.

9 Tete megblɔ be: Nyemele mia nyi ge o; amesi be, yeaku la, neku, amesi be, yeabu la, nebu, eye mamleawo neɖu wo nɔewo ƒe lã.

10 Tete metsɔ nye atikplɔ, „dɔmefafã“, eye meŋee, ne matu nye nu, si mebla kple dukɔwo katã la.

11 Eye esi wòtu gbemagbe la, alẽ ɖihiã, siwo lé ŋku ɖe ŋunye la, dze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.

12 Eye megblɔ na wo bena; Ne edze mia ŋu la, mina nye fetum, ke ne mesɔe na mi o la, midzudzɔ! Tete woxe klosalo sekel blaetɔ̃ nam.

13 Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me.

14 Emegbe meŋe nye atikplɔ evelia, „ɖekawɔwɔ“, ne ma gblẽ Yuda kple Israel ƒe nɔviwɔwɔ dome.

15 Eye Yehowa gagblɔ nam bena: Tsɔ lãkplɔvi mawɔnuteƒe ƒe lãkplɔnuwo.

16 Elabena kpɔ ɖa, maɖo lãkplɔvla ɖe anyigba la dzi, mabia esiwo bu la ta se o, eye madi esiwo ka hlẽ la o, mada gbe le esiwo xɔ abi la ŋu o, eye malé fɔ ɖe sesẽawo ŋu o, ke aɖu ɖamiawo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.

17 Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan