Zekaria 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woade dukɔ la le futɔwo te, eye woaƒo enu ƒu. 1 Mibia tsidzadza Yehowa; Yehowa ye nana tsi dzana ɖe edza ɣi le kele me, enana dzi ɖona, eye tsi dzana na gbe me numiemiewo kalã 2 Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o. 3 Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu, eye mahe to na gbɔ̃tsuwo elabena Yehowa Zebaot ava kpɔ Yuda ƒe aƒe, si nye eƒe lãha la ɖa, eye wòatsɔ wo awɔ eƒe sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na le aʋa me. 4 Eya me dzogoekpe kple gatagbadzɛwo, eya me aʋadatiwo kple dzi-ɖulawo katã ado atso. 5 Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe. 6 Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe. 7 Efrayim azu abe kalẽtɔ ene, eye woƒe dzi akpɔ dzidzɔ abe wein-nolawo ene; wo viwo akpɔe ahakpɔ dzidzɔ, eye woƒe dzi atso aseye ɖe Yehowa ŋu. 8 Mala aku aƒo wo nu ƒu, elabena mexɔ wo ƒle, eye woasɔ gbɔ abe tsã ene. 9 Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe. 10 Mana woagbɔ tso Egipte-nyigba dzi, maƒo wo nu ƒu tso Asur, eye makplɔ wo ayi Gilead-nyigba kple Libanon dzi, eye teƒe matu wo nu gɔ̃ ha o. 11 Xaxa ava atsiaƒu dzi, eye aŋe atslaƒu ƒe tsotsoewo nu, ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã namie; Asur ƒe dàda ava anyi me, eye fiatikplɔ adzo le Egipte si me. 12 Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana