Zekaria 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kpɔkplɔyiɖeme. Nuxɔxlɔ̃ bena dzimetetrɔ. 1 Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena: 2 Yehowa ɖo ɖɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie. 3 Eyata ale nagblɔ na wo enye si: Yehowa Zebaot be: Mitrɔ ɖe ŋunye, Yehowa Zebaot ye gblɔe, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 4 Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe! 5 Afika mia fofowo le azɔ, eye ɖe nyagblɔɖila-wo ami agbe tegbetegbea? 6 Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa? Sɔdola la le amitive me. 7 Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu wulɖekɛlia Sebat ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena: 8 Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe. 9 Tete me-gblɔ bena; Nye aƒetɔ, amekawoe nye esiawo? Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la, gblɔ nam bena: Magblɔ amesiwo wonye la, afia wo. 10 Tete ŋutsu, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, xɔ edzi gblɔ bena: Woawo nye amesiwo Yehowa ɖɔ, be woaɖatsa le anyigba dzi. 11 Eye woɖo ŋu na Yehowa ƒe dɔla, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, gblɔ bena: Míeyi ɖatsa le anyigba dzi, eye kpɔ ɖa, ɖo-ɖoe zi le anyigba blibo la ŋu klenee. 12 Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo? 13 Tete Yehowa gblɔ nya nyui kple akɔfanyawo na mawudɔla, si ƒo nu kplim, la, 14 Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie, 15 eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo. 16 Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 17 Gaɖe gbe ƒã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Nu nyui agagbagba ɖe nye ɖuwo me, Yehowa agave Zion nu, eye wòagatia Yerusalem. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana