Zefania 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aƒetɔ la ƒe ŋkeke. 1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Zefanya, Kus, amesi nye Xizkiya vi Amarya ƒe vi Gedalya ƒe vi la, le Yuda-fia Yosiya, Amon vi la ŋɔli. 2 Yehowa be: Matsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzi petepete. 3 Matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo, dziƒoxewo kple ƒumelãwo, matsrɔ̃ nuɖianuwo kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe! 4 Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu; 5 matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu; 6 eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa. 7 Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa do vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu! 8 Eye wòava me le Yehowa ƒe vɔsagbe be, mahe to na amegãwo kple fiaviwo kpakple amesiwo katã taa dutatɔwo ƒe avɔwo la. 9 Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe. 10 Gbemagbe la asiƒunu aɖl tso tɔmelãgbo la nu, avifafa atso du la ƒe to evelia, eye hoo-wɔwɔ gã atso togbɛwo dzl, Yehowa ye gblɔe! 11 Mi ʋe me nɔ-lawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta. 12 Le ɣemaɣi la matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem, eye mahe to na amesiwo katã ɖo ƒã ɖi hele gbɔgblɔm le woƒe dzl me be: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o. 13 Woaha woƒe ke-sinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o. 14 Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe. 15 Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbe, aƒedoɖigbe kple nu-gblẽgbee, blukɔ- kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee; 16 lãdzo- kple kpẽkugbe wòanye ava du sesẽwo kple xɔta kɔkɔwo dzi. 17 Mahe xaxa ava amegbetɔwo dzi, ne woanɔ yiyim abe ŋkunɔwo ene, elabena wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu; woakɔ woƒe ʋu ɖe anyi abe ke ene, eye woƒe dɔmenuwo adudu ɖe anyi abe mi ene. 18 Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana